Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yona 2:2 - Agbenya La

2 “Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa, eye wòɖo tom. Meyɔe le aʋlime ke, eye Yehowa se nye kokoƒoƒo!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la, le lã la ƒe dɔ me

Onani mutuwo Koperani




Yona 2:2
26 Mawu Ofanana  

Manase va nyɔ le eɖokui me mlɔeba eye wòbia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ kple ɖokuibɔbɔ.


Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye. Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye.


Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.


elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o.


Elabena menyɔ ŋu alo do vlo ame siwo le fu kpem la ƒe hiãtuame o; meɣla eƒe mo ɖee o, ke boŋ eɖo to eƒe ɣlidodo na kpekpeɖeŋu.


Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me.


Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.


Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,


O! Wò ame si sea gbedodoɖa, gbɔwòe amewo katã ava.


elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke.


Tsĩeƒe le dzadzraɖo wɔm be woado go wò ne èva. Ènyɔ ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo be woado go wò, ame siwo nye dziɖulawo le xexe sia me kpɔ. Èna ame siwo ɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi kpɔla tso le woƒe fiazikpuiwo dzi.


O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke.


ekema mana nàyi to kple ame siwo yi aʋlime, àyi gbe aɖe gbe tɔwo gbɔ. Mana nànɔ anyigba te, le aƒedo xoxowo me kple ame siwo yi aʋlime, màgatrɔ agbɔ alo axɔ wò teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.


Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’


elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.


Ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.


elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii.


Elabena wò Mawu, màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe alo ana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o.


Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.


Mègabu wò dɔlanyɔnu vɔ̃ɖi o. Nye xaxawo tae mele gbe dom ɖa le afi sia le nuxaxa blibo me.”


Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa