Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yona 1:4 - Agbenya La

4 Esi ʋu la dze mɔ yina sẽe ko la, Yehowa dɔ yaƒoƒo sesẽ aɖe ɖa si na be ahom dziŋɔ aɖe tu. Meli la ʋuʋu heyeheye henɔ didim be yeanyrɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke Yehowa lɔ ya gãa ɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi, eye ahom sesẽa ɖe tu ɖe atsiaƒu dzi, ale be ʋu la ɖi be, yeagbã.

Onani mutuwo Koperani




Yona 1:4
13 Mawu Ofanana  

Yehowa wɔa nu sia nu si dze eŋu le dziƒo kple anyigba, le atsiaƒuwo me kple woƒe gogloƒewo katã.


Enaa lilikpo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke, edɔa dzikedzo be wòava kple tsidzadza, eye wòɖea yaƒoƒo ɖe go tso eƒe nudzraɖoƒewo.


Dzikedzo kple kpetsi, tsikpe kple lilikpowo, ahomya si wɔ eƒe lɔlɔ̃nu,


Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya aɖe ƒo le ŋkeke kple zã blibo la me. Esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la he ʋetsuviwo vɛ.


eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o!


Tete Mose tsɔ eƒe asi do ɖe ƒu la dzi. Ale zã blibo la Yehowa tutu atsiaƒu la ɖe megbe to ɣedzeƒeya sesẽ aɖe dzi, eye wòna anyigba ƒuƒui dze. Tsi la ma ɖe akpa eve,


Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ, eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi. Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te.


Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.


Ame si wɔ towo kple ya, eye wòɖea eƒe susuwo fiaa amegbetɔ, eyae trɔa ŋdi wòzua viviti, eye wògbãa towo ɖe eƒe afɔ te gudugudu. Eŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la.


Azɔ ya sesẽ aɖe ƒo tso Yehowa gbɔ, eye wòkplɔ tegliwo vɛ tso atsiaƒu dzi. Ena wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la katã. Woli kɔ ɖe wo nɔewo dzi, anɔ abe mita ɖeka ene tso anyigba, eye woƒe kekeme tso asaɖa la gbɔ anye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa