Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 9:7 - Agbenya La

7 Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nàle tsi le Siloam Ta la me” (Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa”). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 eye wògblɔ nɛ bena: Yi, nale tsi le Siloa-ta la me (si gɔme enye wodɔe ɖa). Tete wòyi ɖale tsi la, eye wòva le nu kpɔm.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 9:7
21 Mawu Ofanana  

Salum, Kol Hoze ƒe vi, ame si kpɔa Mizpa nuto la dzi la wɔ dɔ le Tsidzidzigbo la ŋu. Egbugbɔe tu, gbae, hede ʋɔtru, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Azɔ la, egbugbɔ gli la ɖo tso Siloam Ta la ŋu yi fia la ƒe abɔ gbɔ kple atrakpui siwo ɖiɖi tso Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.


Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo, Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Yehowa biae be, “Ame kae wɔ nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa?


Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo maganye tre o, eye ame siwo ƒe to sea nu la ƒe towo anɔ ʋuʋu.


Ekema ŋkugbagbãtɔwo ƒe ŋkuwo aʋu, eye tokunɔwo ƒe towo aʋu.


be nàʋu ŋku na ŋkugbagbãtɔwo, be nàɖe ga gamenɔlawo, eye nàɖe ame siwo nɔ do globo me la tso viviti me.


Mikplɔ ame siwo ŋku li na, gake womele nu kpɔm o la kple ame siwo to li na, gake womesea nu o la do goe.


“Esi wònye be ame siawo gbe nu le Siloa tsi si tsana blewu la gbɔ, eye wokpɔ dzidzɔ ɖe Rezin kple Remalia ƒe vi ŋu la,


ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo.


“Aleke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Siloam gbetakpɔxɔ la mu dze woku la ŋu? Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã?


Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”


eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexea me ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya, elabena megblɔ be, ‘Menye Mawu ƒe Vi’?


Gake wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nu ka ta ame si ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ la mena be ame sia meku o ɖo?”


Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be maɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu, eye mede asi nukpɔkpɔ me.”


Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”


be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’


Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me,


Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa