Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 9:4 - Agbenya La

4 Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 9:4
18 Mawu Ofanana  

Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ “Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’


Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume.


gake Yesu gblɔ na wo be, “Fofo la na mewɔ nukunuwo na mi. Nu siawo dometɔ ka ta miedi be yewoaƒu kpem ɖo?”


Ne menye Fofonye gbɔ nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o.


Meɖe wò Ŋutikɔkɔe fia le anyigba dzi to dɔ siwo nède asi nam la nuwuwu me.


Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o; nu si wòwɔna la nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm la, elabena nu si Fofo la wɔ la, eyae Via hã wɔna.


“Nye la, ɖaseɖiɖi si kɔ wu Yohanes la le asinye. Elabena dɔ si Fofo la de asi nam be mawɔ, awu enu, eye mele wo wɔm la nye ɖaseɖiɖi be Fofo lae dɔm vavã.


Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ.


Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.”


Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na nɔvi xɔsetɔwo.


Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nyuie, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.


Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa