Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 8:9 - Agbenya La

9 Esi wose nya sia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnu la koe susɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye esi wosee la, woƒe dzi tsi nya na wo, ave wodo go ɖekaɖeka hedze egɔme tso xoxoawo dzi vaseɖe ɖevitɔwo dzi, eye wogblẽ Yesu ɖeka ɖi kple nyɔnu la le afisi wòle la, le titina.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 8:9
22 Mawu Ofanana  

Egblɔ na Eliya be, “Oo Mawu ƒe ame, nya kae le asiwò ɖe ŋutinye? Ɖe nèva be yeaɖo ŋku nye nu vɔ̃wo dzi nam eye nàwu vinyeŋutsua?”


“Nya kae le asiwò le nu vɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ ɖe fofonye, Fia David, ŋu la ta? Yehowa nabia hlɔ̃ wò


Dziƒo aɖe eƒe vodada ɖe go eye anyigba atso ɖe eŋu.


ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o, eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


Ŋu nekpe ame siwo katã le nye agbe dim ne woaɖe ɖa la; woƒe mo netsi dãa, eye ame siwo katã le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.


Nu siawoe nye nu siwo nèwɔ hafi mezi ɖoɖoe, eye nèsusu be ɖeko mele abe ye ene, gake maka mo na wò, eye mado asi ɖe mo na wò.


Na be nunyetsolawo natsrɔ̃ kple ŋukpe, eye nàna be vlododo kple ŋukpe natsyɔ ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.


Wò ŋutɔ ènya zi geɖe siwo nèƒoa fi dea amewoe!


Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã, eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu gã siwo katã wòwɔ la ta.


Yesu fɔ ta dzi bia nyɔnu la be, “Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ aɖeke meƒu kpe wò oa?”


Yesu gaƒo nu na ameawo, eye wògblɔ be, “Nyee nye xexea me ƒe Kekeli la. Ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.”


Le fɔŋli la, egatrɔ yi gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu, eye wònɔ anyi hefia nu wo.


Esi wònɔ nu ƒom la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la vɛ, eye wokplɔe da ɖe ameawo ƒe titina,


Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, egabɔbɔ ta, eye wògade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba.


togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.)


Wò, ame si gblɔna be womegawɔ ahasi o ɖe, ɖe nèwɔa ahasia? Wò, ame si tsi tsitre ɖe legbasubɔsubɔ ŋu ɖe, ɖe nèfia gbedoxɔmenuwoa?


ɣe sia ɣi si míaƒe dzitsinya bu fɔ mí, elabena Mawu lolo wu míaƒe dziwo, eye wònya nu sia nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa