Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 8:52 - Agbenya La

52 Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò vavã, elabena Abraham kple nyagblɔɖilawo hã ku. Ke wò la, èle gbɔgblɔm be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 Yudatɔwo gblɔ nɛ bena: Azɔ ko míedze sii bena, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, eye wòa nèle gbɔgblɔm bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku ɖɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me mahã?

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 8:52
14 Mawu Ofanana  

Yohanes menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.


Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem la dɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ be woabiae be, “Ame kae nènye?”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.


Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã.


“Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siwo nènam le xexea me la. Tɔwòwoe wonye; ètsɔ wo nam, eye wowɔ ɖe wò nyawo dzi.


Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?”


Esia ta Yudatɔwo bia be, “Ame sia ɖe, ɖe wòle eɖokui wu gea? Esia tae wògblɔ be, ‘Afi si meyina la, miate ŋu ava oa?’ ”


Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Ɖe menye nyateƒe wònye míegblɔ be Samariatɔ si me gbɔgbɔ vɔ̃ le lae nènye oa?”


Mele nyateƒe la gblɔm na mi be ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.”


Togbɔ be mienyae o hã la, nye ya menyae. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Ke nye la, menyae, eye meɖoa to eƒe gbe.


Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia, eye wogblɔ nɛ be, “Kafu Mawu boŋ. Míenya be nu vɔ̃ wɔla wònye.”


Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖeko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge, eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afii.


Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa