4 eye wogblɔ na Yesu be, “Nufiala, míelé nyɔnu sia asiasii wònɔ ahasi wɔm.
4 hegblɔ ne bena: Nufiala, wolé nyɔnu sia le ahasiwɔwɔ me ke.
“ ‘Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu ŋutsu ahasiwɔla la kple nyɔnu ahasiwɔla la siaa.
Azɔ Yosef, ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye nuteƒewɔla, eya ta medi be yeado ŋukpe Maria le dutoƒo o; eɖoe be yeagbee le adzame.
Esi wònɔ nu ƒom la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la vɛ, eye wokplɔe da ɖe ameawo ƒe titina,
Mose ƒe se la gblɔ be, ne wolé ame aɖe alea la, ele be woaƒu kpee wòaku. Aleke nèkpɔ tso nya sia ŋu?”
Ne wolé ŋutsu aɖe wòle ahasi wɔm la, woawu eya kple ŋutsu kemɛ srɔ̃ la siaa. To mɔ sia dzi la, woaɖe nu vɔ̃ ɖa le Israel.
Ŋutsu sia kplɔ subɔla ɖeka kple tedzi eve yi be yewoable ahiãvi la nu akplɔe agbɔe. Esi woɖo Betlehem la, nyɔnuvi la xɔ wo nyuie eye wòɖe wo fia fofoa, ame si hã xɔ wo nyuie