Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:41 - Agbenya La

41 Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la.” Ke ame bubu aɖewo bia be, “Ɖe Kristo la ate ŋu atso Galilea mahã?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Bubuwo gblɔ bena: Esiae nye Kristo la. Eye bubuwo hã gblɔ bena: Ɖe Kristo la atso Galilea mahã?

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:41
11 Mawu Ofanana  

Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn, eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo).


Nataniel gblɔ be, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaretia?” Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔe ɖa.”


Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!”


Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Menya be Mesia” (si woyɔna be Kristo la) “le vava ge. Ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí.”


“Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye eyae nye Kristo la oa?”


Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to la be, “Míawo hã míexɔ edzi se, elabena míawo ŋutɔ hã míese nya geɖewo tso eƒe nu me, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Míenya be ame siae nye xexea me ƒe Ɖela la vavã.”


Míexɔe se, eye mienyae be wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔe la.”


Míenya afi si ame sia tso. Ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”


Ame geɖe siwo nɔ ameha la dome la xɔ edzi se. Wogblɔ be, “Ne Kristo la va la, ɖe wòawɔ nukunuwo wu esiwo ame sia wɔa?”


Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me, eye nàkpɔ be Nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!” [


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa