Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:32 - Agbenya La

32 Farisitɔwo se nya siwo gblɔm ameha la le tso eŋu. Ale nunɔlagãwo kple Farisitɔwo dɔ gbedoxɔmesrafowo ɖa be woayi aɖalée.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Farisitɔwo se alesi amewo le nusiawo ƒe liʋiliʋi lim le eŋuti. Eye farisitɔwo kple nunɔlagãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa, bene woaɖalée.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:32
13 Mawu Ofanana  

Le nu si Yesu wɔ ta la, Farisitɔwo yɔ takpekpe kpata aɖe be yewoawɔ ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti.


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be yewoage ɖe eme la hã nayi eme o. [


Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔlawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi la ɖa.


Gake wo dometɔ aɖewo yi Farisitɔwo gbɔ, eye wogblɔ nu si Yesu wɔ la na wo.


Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, nu sia mele mía dzi de ge o. Mikpɔ ale si xexea me katã kplɔe ɖoe ɖa!”


Ale Yuda va abɔ la me, eye wònɔ ŋgɔ na nunɔlagãwo, Farisitɔwo, asrafowo kple kpovitɔwo. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔ la me afi si Yesu le.


Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu ka asi eŋu o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o.


Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo.


eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa