Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:14 - Agbenya La

14 Esi ŋkekenyui la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi nufiafia amewo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke esi ŋkekenyuie la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wòfiã nu.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:14
16 Mawu Ofanana  

“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Le ŋkeke adre Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke evelia gbe la, miatsɔ nyitsu wuieve, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ


“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miatsɔ nyitsuvi wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo.


Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.


Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? Menɔ mia dome, gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o.


Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Meƒo nu le dutoƒo na xexea me. Mefia nu edziedzi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, afi si Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo. Nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe o.


Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”


Gake esi Yudatɔwo ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la tu aƒe la,


Esi Yesu ganɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, edo ɣli be, “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso. Nyemeva afi sia le ɖokuinye si o; ame si dɔm la nye nyateƒetɔ. Miawo la, mienyae o,


Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi.


Le fɔŋli la, egatrɔ yi gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu, eye wònɔ anyi hefia nu wo.


Yesu gblɔ nya siawo, esi wònɔ nu fiam le gbedoxɔ la ƒe teƒe si te ɖe afi si wodaa nunaɖakawo ɖo. Gake ame aɖeke melée o, elabena eƒe ɣeyiɣi la meɖo haɖe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa