Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 6:9 - Agbenya La

9 “Ŋutsuvi aɖe le afi sia si si lubolo sue atɔ̃ kple tɔmelã meme eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ɖekakpuia ɖe le afii, eye lubolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le esi; gake nuka wònye na ame geɖe siawo mahã?

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 6:9
24 Mawu Ofanana  

eye wonaa ƒo kple aƒla fia la ƒe sɔwo hã.


Elisa gblɔ be, “Mise Yehowa ƒe gbe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.’ ”


Ena ŋutifafa le wò liƒowo dzi, eye wòtsɔ mɔlu nyuitɔ ɖi ƒo na wòe.


Woƒo nu tsi tsitre ɖe Mawu ŋu be, “Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ na mí le gbedzia?


Enuenu wotea Mawu kpɔna, eye wodoa dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.


Ke míaɖu bliwɔ nyuitɔ, eye matsɔ kpetomenyitsi aɖi ƒoe na mi.”


“Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe.


Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ be, “Nu ka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le mía si le afi sia!”


Nu ka ta miate ŋu ase nu gɔme o ɖo? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) kple abolo atɔ̃, eye esi susɔ la yɔ kusiwo oa?


Yesu bia wo be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa.” Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li.”


“Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) oa? Nuɖuɖu wuwlui kusi neni miefɔ emegbe?” Woɖo eŋu nɛ be “Wuieve sɔŋ.”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.” Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?”


Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.


Esi Maria zɔ va ɖo afi si Yesu nɔ, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.”


Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.”


Yesu va tsɔ abolo la kple lã la na wo.


Esi woɖi go la, wokpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, nɔ lã aɖewo mem, eye abolo hã kpe ɖe eŋu.


Yesu tsɔ aboloawo, eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã meme eveawo hã ta, eye wòtsɔe na ameawo.


Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Ɣleti ade ƒe fetu gɔ̃ hã mate ŋu aƒle nuɖuɖu wòade na ameha sia o!”


Miawo ŋutɔ mienya Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve be kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva de ahe ɖo be miawo la, miato eƒe ahedada la me azu kesinɔtɔwo.


Ena notsi kple lãe agbotsuwo kple gbɔ̃ damiwo Basantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo, Ena bli doku nyuitɔe Ena wòno wain nyuitɔ.


Lu, mɔlu, wainkawo, amitiwo, yevuboɖatiwo le anyigba sia dzi.


Mese nane si ɖi ame ƒe gbe le nu gbagbe eneawo dome la le gbɔgblɔm be, “Bli agba ɖeka axɔ apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu, eye lu agba etɔ̃ anye apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Mikpɔ egbɔ be miegblẽ ami kple wain dome o!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa