Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 6:71 - Agbenya La

71 (Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt ƒe vi, ame si nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, ame si afia eyomemɔ emegbe la ŋu.)

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

71 Ke egblɔ esia le Yuda, Simon Iskariot vi ŋuti, elabena eyae nye amesi le eyome mɔ fia ge, eye wònye ame wuieveawo dometɔ ɖeka.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 6:71
19 Mawu Ofanana  

Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.


Eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn (ame si woyɔna hã be Petro) kple nɔvia Andrea, Yakobo kple nɔvia Yohanes, ame siwo nye Zebedeo ƒe viwo,


Simɔn, ame si nye Zelotetɔ kple Yuda Iskariɔt, ame si va de Yesu asi.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi nunɔlagãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu.


Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si fia Yesu yomemɔ emegbe la kpɔ nu sia la, egblɔ be,


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt.


Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã.


Toma, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka (si wogayɔna be Didymus) la menɔ nusrɔ̃lawo dome hafi Yesu va o.


Gake mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o, kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke.


Yesu gblɔ nɛ be, “Mi ame wuievee metia, gake mia dometɔ ɖeka nye Abosam!”


Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui.


Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa