Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 6:6 - Agbenya La

6 Yesu bia nya sia be yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke egblɔ esia, be wòadoe akpɔ; elabena eya ŋutɔ nya nusi wɔ ge wòala.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 6:6
8 Mawu Ofanana  

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be, “Abraham!” Etɔ nɛ be, “Nyee nye esi.”


Ke esi ame dɔdɔwo tso Babilonia va be, yewoabia nu tso ale si wòhaya nukutɔe ŋu la, Mawu gbugbɔ le eyome sẽe be yeadoe akpɔ eye yeanya ame si tɔgbi tututu wònye.


Mido mia ɖokuiwo kpɔ be miele xɔse me vavã mahã? Nenema ke midzro mia ɖokuiwo me. Ɖe miekpɔ dze sii be Kristo Yesu le mia me oa? Negbe ɖe mieto xɔse ƒe dodokpɔ la me o.


migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o.


Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ.


Ena mana mi mieɖu le gbedzi. Mana nye abolo aɖe si tɔgbi ame aɖeke mekpɔ kpɔ do ŋgɔ o. Mawu wɔ esia be miabɔbɔ mia ɖokui ale be miaƒe ŋuɖoɖo ɖe ye ŋu nadzi ɖe edzi, eye yeawɔ nyui na mi.


Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi.


Menya wò dɔwɔwɔwo, wò kutrikuku kple wò ŋusẽdodo nu. Menyae be màte ŋu alɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o. Gawu la, èdo ame siwo be yewonye apostolowo, evɔ womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be wonye aʋatsotɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa