Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 6:53 - Agbenya La

53 Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, ne ame aɖe meɖu Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã, eye wòno eƒe ʋu o la, agbe manɔ eme o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

53 Tete Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ɖe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbea ɖeke manɔ mia me o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 6:53
19 Mawu Ofanana  

Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o,


Vavã mele egblɔm na mi be zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le se la me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu,


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”


Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo hã minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.


Gbeɖe, menye woawoe o. Miawo hã miatsrɔ̃ nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.”


Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.”


Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo hã, nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.”


Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe anɔ wo dzi.”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyateƒe gblɔm mele na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.


“Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi!


Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta.”


Elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã.


Ekema miekpɔ Amegbetɔ Vi la wòyina ɖe dziƒo, afi si wòtso va ɖe!


Ame si si Vi la le la agbe le esi, eye ame si si Mawu Vi la mele o la, agbe mele esi o.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paradiso me la ƒe tsetsea.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa