Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 6:2 - Agbenya La

2 Ameha gã aɖe nɔ eyome, elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye ameha gãa ɖe dze eyome, elabena wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ na dɔlélawo.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 6:2
19 Mawu Ofanana  

Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ, eya ta edzo le ƒuƒoƒe la, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo, eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã nɔ wo dome la ŋu.


Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu ale gbegbe be ege ɖe ʋu aɖe me, eye wòyi ɖe ƒua dzi vie nɔ anyi, ke ameha la tɔ ɖe ƒua ta.


Ale esi wotrɔ va ƒua ta la, ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta eda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.


Esi Yesu ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo.


Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.


gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo, wonya afi si yim wonɔ, eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo, zɔ ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi le ʋu la me teti ko.


Esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ Sahendriwo ƒe takpekpe. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? Elabena ame sia le nukunu geɖewo wɔm.


Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi yi be yewoaɖakpɔe.


Togbɔ be Yesu wɔ nukunu siawo le wo dome hã la, womexɔ edzi se o.


Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.


Dzesi siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na be ame geɖe xɔ eƒe ŋkɔ dzi se.


Yesu wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o.


Eva Yesu gbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be, Nufiala, menya be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna, ne Mawu meli kplii o.


Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na le xexe sia me.”


Esi ŋu ke la, ameha si nɔ tsitre ɖe ƒu la ƒe go kemɛ dzi la de dzesii be ʋu ɖeka koe nɔ afi ma. Wokpɔ hã be, Yesu meɖo ʋu la kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ woawo ɖeɖe koe yi.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye ɖe esi miekpɔ nukunuwo ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi etsɔ la ta.


Tete ameawo biae be, “Nukunu ka nàwɔ míakpɔ be míaxɔ dziwò ase? Nu ka nàwɔ?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa