Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 5:6 - Agbenya La

6 Esi Yesu kpɔe wòmlɔ afi ma la, egblɔ nɛ be ele dɔ lém eteƒe didi. Ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi Yesu kpɔ eyama le anyimlɔƒe, eye wonyae bena, enɔ anyi alea eteƒe didi la, egblɔ nɛ bena: Ele didim bena, wò lãme nasẽ mahã?

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 5:6
9 Mawu Ofanana  

Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la, wò koe nya nye mɔ. Ŋutsuwo tre mɔ ɖe mɔ si metona la dzi nam.


“Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o, eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye. Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be, ‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’


wò ahasiwɔwɔ, wò ahiãgbetetewo kple wò gbolowɔwɔ ŋukpemanɔmetɔe! Mekpɔ wò ŋunyɔnuwɔwɔwo le togbɛwo dzi kple baliwo me. Oo, Yerusalem, babaa na wò. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàƒo ɖi ase ɖo?”


Esi wòva la, Yesu biae be, “Nu ka dim nèle tso asinye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ nu!”


Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.


Ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém la hã nɔ teƒea sia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ.


Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe ta sia me ne wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme.”


Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.


Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa