Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 4:53 - Agbenya La

53 Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale aʋafia la kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔ Yesu dzi se.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

53 Tete fofoa dze sii bena, enye gaƒoƒo ma, si dzi Yesu gblɔ ne bena: Viwò la le agbe, eye eya ŋutɔ xɔe se kple eƒeme blibo katã.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 4:53
12 Mawu Ofanana  

Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo, heɖe wo tso tsiẽƒe.


Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.


Yesu gatrɔ ɖe Romasrafowo ƒe amegã la ŋu hegblɔ nɛ be, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo.” Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ.


Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye.


Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be via ƒe lãme sẽ.


Aʋafia la bia gaƒoƒo si me tututu via ƒe lãme sẽ la wo. Woɖo eŋu nɛ be, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã la vɔ nɛ.”


Atsɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò si ana be wò kple wò aƒe siaa miakpɔ ɖeɖe.’


Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe mí be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na mí be, “Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye.” Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ.


Ena nu wo woɖu, eye aƒea me tɔwo katã yɔ fũu kple dzidzɔ, elabena wotrɔ zu Mawu dzi xɔselawo.


To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la kple eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye wòde mawutsi ta na wo. Korintotɔ bubu geɖe siwo hã se eƒe mawunya la trɔ dzi me, eye wòde mawutsi ta na woawo hã.


Ŋugbedodo la nye miawo ŋutɔwo, mia viwo, ame siwo le adzɔge kple ame siwo katã Aƒetɔ mía Mawu la yɔ la tɔ.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa