Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 4:32 - Agbenya La

32 Ke Yesu gblɔ na wo be, “Nuɖuɖu le asinye, esi ŋu miawo mienya nu le o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Ke egblɔ na wo bena: Nye la nuɖuɖu le asinye, be maɖu, si miawo mienya o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 4:32
13 Mawu Ofanana  

Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o, mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu.


Wò nyawo vivia nunye ŋutɔ, eye wovivina le nye nu me wu anyitsi nyuitɔ!


Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.


Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene; hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò.


Dzi ɖe sia ɖe nya eya ŋutɔ ƒe vevesese eye ame aɖeke hã mate ŋu ama eƒe dzidzɔ kplii o.


Ame ƒe numekutsetse ɖia ƒo nɛ eye nuŋeŋe si doa go tso eƒe nuyiwo me la ana eƒe dzi nadze eme.


Ne eƒe luʋɔ kpe fu vɔ la, akpɔ agbe ƒe kekeli, eye eƒe dzi adze eme; to enyanya me, nye dɔla dzɔdzɔe atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe nu vɔ̃wo te,


Esi wò nyawo va la, meɖu wo, wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ, elabena wò ŋkɔ le ŋunye, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu.


Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ bena, “Nufiala, va ɖu nu.”


Ke nusrɔ̃lawo bia le wo nɔewo dome be, “Ɖe ame aɖe tsɔ nuɖuɖu vɛ nɛa?”


Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu.


Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ame dahewo ŋuti la mi, elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vɛ wu nuxɔxɔ.’ ”


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa