Makplɔ ŋkugbagbãtɔwo ato mɔ si womenya tsã o la dzi, eye makplɔ wo to mɔ manyamanya dzi. Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye mana toƒe tsakliwo nazu zɔzrɔ̃e na wo. Esiawoe nye nu siwo mawɔ, nyemagble wo ɖi o.
Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃ la; àte ŋu ase eŋkɔ, gake màte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o. Nenema ke wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me la.”