Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 3:23 - Agbenya La

23 Ke Yohanes hã nɔ mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔ gbɔ ɖe afi ma, eye amewo nɔ vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi geɖe le afima, eye amewo va, eye wona wòde mawutsi ta na wo.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 3:23
13 Mawu Ofanana  

Emegbe la, Yakob tso Padan Aram va ɖo Sekem le Kanaanyigba dzi dedie, eye wònɔ du la godo.


Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to eye kesinɔnu geɖewo le mia si, miaƒe nuwuwu ɖo, ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi,


“ ‘Dawò nɔ abe wainti ene le wò wainbɔ me. Wodoe ɖe tsi gbɔ. Etsea ku, eye wòɖe alɔwo fũu le tsi ƒe agbɔsɔsɔ le afi ma ta.


eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm.


Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu?


Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem heyi Yudea nyigba dzi, afi si wonɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hede mawutsi ta na amewo.


(Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me.)


Eƒe afɔwo biã hẽe abe akɔbli si wode kpodzo me ene, eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene.


Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene.


Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum.


Wotsa le afi sia afi le Efraim ƒe tonyigba la dzi kple Salisa nyigba kple Salim nuto me kple Benyamin ƒe anyigba blibo la dzi gake womete ŋu kpɔ wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa