Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 2:16 - Agbenya La

16 Egblɔ na ame siwo nɔ akpakpawo dzram la be, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asimee o!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o!

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 2:16
17 Mawu Ofanana  

Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’ ” Yehowae gblɔe.


Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.


Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe’, gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”


“Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la, ɖeko woko nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge; ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe.


Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”


Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?”


elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o.


Ale Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam, eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me. Enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi.


Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”


Yesu gblɔ na wo be, “Fofonye le eƒe dɔwɔwɔ dzi va se ɖe fifia, eya ta nye hã mele dɔ wɔm.”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o. Nye la, medea bubu Fofonye ŋu, ke miawo la, miele vlo domem.


Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.


Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa