7 Azɔ wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò,
7 Fifi ko wonyã bena, nusiwo katã nètsɔ nam la, gbɔwò wotso;
Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me.
Nu siwo katã le Fofonye si la tɔnyee. Esia ta megblɔ be nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la agblɔ na mi la atso gbɔnye ɖo.”
Nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye woawo mee woɖe nye Ŋutikɔkɔe fia le.
“Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siwo nènam le xexea me la. Tɔwòwoe wonye; ètsɔ wo nam, eye wowɔ ɖe wò nyawo dzi.
elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo, eye woxɔe. Wonyae kɔtɛe be metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa.
Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la.