Megblɔ wò nyawo na wo, eye xexea me lé fu wo, elabena womeganye xexea me tɔwo o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexea me tɔwo ƒe agbenɔnɔ o.
Yesu gagblɔ na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la, dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye, ke nye la, nyemetso xexe sia me o.