9 elabena le nu vɔ̃ ŋuti la, amewo mexɔ dzinye se o.
9 Le nuvɔ̃ ŋuti, elabena womexɔa dzinye sena o;
Ame siwo axɔ nyanyui la, eye woade mawutsi ta na wo la akpɔ ɖeɖe, ke ame siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la, woabu fɔ wo.
“Ne eva la, ana xexea me nadze si eƒe nu vɔ̃ ku ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu,
Nye la, menɔ agbe kpɔ se aɖeke te manɔmanɔe; ke esi sedede la va la, nu vɔ̃ gbɔ agbe, eye meku.
togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.
Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la naganɔ mia dometɔ aɖeke si o.