Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.”
Ameawo biae be, “Afi ka fofowòa le?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, mienya ame si menye o, eya ta mienya Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.”
togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.
Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o.
Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la.