Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 16:16 - Agbenya La

16 Yesu gagblɔ be, “Esusɔ vie miagakpɔm o, eye esusɔ vie miagakpɔm.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miagakpɔm; elabena meyina Fofoa gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 16:16
19 Mawu Ofanana  

Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o.


Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ.


“Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.


Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o,


Nenema ke wòle na miawo hã fifia: Fifia la, miaxa nu, gake magakpɔ mi, eye miakpɔ dzidzɔ, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o.


Fofo la gbɔe metso va xexea me, eye megatrɔ yina ɖe Fofo la gbɔ.”


“Azɔ medzo yina ame si dɔm la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia be, ‘Afi ka nèyina?’ o.


“Ke azɔ la, megbɔna gbɔwò, gake mele nya siawo gblɔm esi megale xexea me, be nye dzidzɔ blibo la katã nanɔ wo me.


Azɔ la, Fofo, ɖe wò ŋutikɔkɔe fiam le wò ŋkume to ŋutikɔkɔe si nènam le gbɔwò hafi xexea me dze egɔme la me.


Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ.


Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti.


Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa