3 Miawo la, mia ŋu kɔ xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta.
3 Mia ŋuti kɔ xoxo le nya, si megblɔ na mi la ta.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.”
Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu.
Kɔ wo ŋu kple nyateƒe la, elabena wò nya la nye nyateƒe.
Mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ta, bena woakɔ woawo hã ŋu le nyateƒe la me.”
be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me,
Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.