Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 15:12 - Agbenya La

12 Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Esia nye nye se la bena, mialã mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 15:12
16 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ be, “Melɔ̃ mi. “Gake nèbia be, ‘Aleke nèlɔ̃ mí?’ ” Yehowa gblɔ be: “Ɖe Yakob menye Esau nɔvi oa? Melɔ̃ Yakob.


“Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema.


Mele se dem na mi be milɔ̃ mia nɔewo.


Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo.


eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.


eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũu agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene.


Meka ɖe edzi be megahiã be magblɔ nya tso dadavilɔlɔ̃ si dze be wòanɔ Mawu ƒe amewo dome la ŋuti o; mienyae xoxo! Elabena Mawu ŋutɔ le nu fiam mi be mialɔ̃ mia nɔewo.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.


Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.


Mlɔeba la, mi katã minɔ anyi kple mia nɔewo le ɖekawɔwɔ me, ame ƒe nu newɔ nublanui na mi, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, minyo dɔ me na amewo, eye mibɔbɔ mia ɖokui.


Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


Eƒe sedede nye esia be míaxɔ via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo abe ale si wòde se na mí ene.


Mawu ŋutɔ de se na mí be ame si lɔ̃a Mawu la nelɔ̃ nɔvia hã.


Eye azɔ la, nyɔnu lɔlɔ̃a, menye se bubu aɖekee mele dedem na mi o, ke boŋ esi ko miese tso gɔmedzedzea me ke, mele biabiam be mialɔ̃ mia nɔewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa