Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 13:21 - Agbenya La

21 Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Esi Yesu gblɔ esiawo la, eʋuʋu kpẽkpẽkpẽ le gbɔgbɔ me, eye wòɖi ɖase gblɔ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dometɔ ɖeka lafia yonyeme mo

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 13:21
17 Mawu Ofanana  

Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Vavã, mele egblɔm na mi bena, mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.”


Ale wògblɔ na wo be, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ, eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia, eye mianɔ ŋudzɔ kplim.”


Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.”


Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.


Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam, eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la, ewɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eye eƒe ta me ɖe fu.


Yesu gaʋuʋu le eɖokui me esi wòva yɔdo la gbɔ. Yɔdo la nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee.


“Azɔ nye dzi le nu xam, ke nya ka magblɔ? Fofo, ɖem le gaƒoƒo sia mea? Gbeɖe, elabena esia ta meva xexea me ɖo.


“Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.


Nya siawo na be nusrɔ̃lawo trɔ kpɔ wo nɔewo ƒe ŋkume, elabena womenya wo dometɔ si wòwɔnɛ o.


Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me, eye wòɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be dua me yɔ fũu kple legbawo.


Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa