Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 13:18 - Agbenya La

18 “Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 13:18
27 Mawu Ofanana  

Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.


Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi.


Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.’


Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Vavã, mele egblɔm na mi bena, mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge.


Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo.


Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge.


Ke yonyememɔfiala ƒe asi le kplɔ̃a dzi kplim.


Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.”


Nya siawo na be nusrɔ̃lawo trɔ kpɔ wo nɔewo ƒe ŋkume, elabena womenya wo dometɔ si wòwɔnɛ o.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt.


Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku, kutsetse siwo anɔ anyi ɖaa. Eye Fofo la ana nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la mi.


Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexea me ta la, wolé fu mi.


Esia wu nya si wogblɔ le se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’ la nu.


Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta, eye mena be wole dedie to ŋkɔ si nènam la me. Wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe wo dometɔ si woɖo be woatsrɔ̃ la ko, be ŋɔŋlɔ la nava eme.


Esia dzɔ be nya siwo Yesu gblɔ ɖi tso ku si ƒomevi wòaku ŋu la nava eme.


Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be, “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ, eye ame si ɖu dzi la naxɔe.” Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.” Alea asrafoawo wɔ.


Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!”


Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.


Yesu gblɔ nɛ be, “Mi ame wuievee metia, gake mia dometɔ ɖeka nye Abosam!”


“Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ.


va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒoe le esime wòde se na Apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu.


Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Yesu Kristo ŋutie, eye eyae nye Aƒetɔ la. Ke míawo la, míenye subɔlawo le Yesu ŋuti.


Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.


Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa