Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la, nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”
Medi be mianya be ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ be, “Yesu ƒe fiƒode neva dziwò” o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be, “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko.
ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe.
Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔewo ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na wo be woawɔ na mi ene. Migado ŋɔdzi na wo o, miɖo ŋku edzi be ame sia nye mi katã ƒe Aƒetɔ le dziƒo, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o.
Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi,