Meʋu ʋɔ na nye lɔlɔ̃tɔ, gake nye lɔlɔ̃tɔ dzo; megale ʋɔa godo o. Esi wòdzo la, nye dzi ge ɖe dɔ me nam. Metsa dii, gake nyemekpɔe o. Meyɔe, gake metɔ o.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o.
“Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.