Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 11:44 - Agbenya La

44 Enumake ame kuku si ƒe afɔwo kple asiwo le babla la fɔ tso yɔdo la me do kple eye ameɖivɔ si me woblae ɖo, eye taku bla ŋkume nɛ. Yesu gblɔ na ameawo be, “Miɖe ameɖivɔawo le eŋu ne wòadzo.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Eye eme kuku, si ƒe afɔwo kple asiwò le babla la, do go kple ameɖivɔwo, eye laku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ bena: Mitui, eye mina wòayi.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 11:44
20 Mawu Ofanana  

Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do.


Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.


“Maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me, eye maxɔ wo le ku ƒe asi me. O ku, afi ka wò ŋɔdzi la le? O tsiẽƒe, afi ka wò gbegblẽ la le? Elabena nyemakpɔ nublanui o.


Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu.


“Ame bubu va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam lae nye esi. Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie,


Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu, eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa.


Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye.”


Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpe la ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ be, “Aƒetɔ, woɖii ŋkeke ene sɔŋ nye esi, eya ta anɔ ʋeʋẽm akpa.”


Esi wògblɔ nya sia la, edo ɣli sesĩe be, “Lazaro, do go va!”


Wosi ami la nɛ, eye wo kple eve la wotsɔ aklala si me ami ʋeʋĩ yɔ fũu la bla Yesu ƒe ŋutilã kukua ɖe eme. Wowɔ nu sia ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo nu.


Ebɔbɔ kpɔ yɔdo la me, ke ekpɔ ameɖivɔ la le yɔdo la me, gake mege ɖe eme o.


kple taku si wotsɔ bla Yesu ƒe tae la; woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdo la ƒe axadzi.


Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã ana agbe ame siwo wòdi be yeana la.


Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe.


ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene.


Nyee nye Ame si le agbe; meku kpɔ, gake kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye.


“Yehowa wua ame gagbɔa agbe ame; enana woyia yɔ me eye wògafɔa ame tso yɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa