Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 11:16 - Agbenya La

16 Toma (si wogayɔna hã be Didymus) la gblɔ na nusrɔ̃la bubuawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete Toma, si woyɔna be Venɔvi la, gblɔ na nɔvia nusrɔ̃lawo bena: Mina, ne miawo hã míayi, bena miaku kpakplii.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 11:16
12 Mawu Ofanana  

Filipo kple Bartolomeo; Toma kple Mateo, si nye nudzɔla; Yakobo, Alfeo ƒe vi, kple Tadeo;


Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò.” Azɔ nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema.


Andrea, Filipo, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo, Alfeo ƒe vi, Tadeo, Simɔn, ame si nye Zelote dunyahehamenɔla,


Simɔn ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kpli wò, eye maku kpli wò gɔ̃ hã.”


Mateo, Toma, Yakobo si nye Alfeo vi, Simɔn ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla;


eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o, be miaxɔ dzinye ase. Miva míayi egbɔ.”


Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?”


Petro gabiae be, “Nu ka ta nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la, mele klalo be mabu nye agbe ɖe tawò.”


Toma gblɔ nɛ be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, mienya afi si nèyina o, aleke wɔ miate ŋu anya mɔ la?”


Eva dzɔ be, Simɔn Petro, Toma (si wogayɔna be Didymus), Nataniel si tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu wonɔ ƒuta.


Esi wova ɖo Yerusalem la, woyi ɖanɔ xɔ si me wonɔna le dziƒoxɔ dzi la me. Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Andrea; Filipo kple Toma; Bartolomeo kple Mateo; Yakobo si nye Alfeo ƒe vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo ƒe vi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa