Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 10:1 - Agbenya La

1 “Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame si megena ɖe alẽkpo la me to agboa nu o, ke boŋ wòɖatoa afi bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodala wònye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi metoa agboa nu heyina ɖe alèxɔa me o, ke wòyi ɖaliaa afi bubu gena ɖe eme la, eya nye fiafitɔ kple adzodala.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 10:1
28 Mawu Ofanana  

Eya ta ale Yehowa gblɔ le nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la ŋu. Nyemedɔ wo o, gake wole gbɔgblɔm be, ‘Yi alo dɔwuame atsrɔ̃ wo


Nyemedɔ nyagblɔɖila siawo o, gake wole du dzi kple woawo ŋutɔwo ƒe gbedeasi. Nyemeƒo nu kpli wo o, evɔ wogblɔ nya ɖi.


Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe.


Wo katã lũ ɖe du la dzi; woflɔ gli la zɔ etame hege ɖe aƒewo kple xɔwo me abe ale si fiafitɔ toa fesre nue ene.


“Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le wo me la, wonye amegaxi nyanyrawo.


Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nyee nye agbo na alẽawo,


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.”


Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!”


Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu.


Ele be woatsi woƒe nuwɔnawo nu, elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o la fiafia me, eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta.


Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si wòyɔ Aron ene.


Ɖeɖe sia tae Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo ƒo nu tso amenuveve si le mia dzi va ge ŋuti la ku nu gɔme vevie kple beléle tɔxɛ,


Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nu dada fiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le Aƒetɔ ŋusẽkatãtɔ si ƒle wo la gbɔ, eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzi kaba.


Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.


Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagbɔɖila geɖewo kaka ɖe xexea me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa