Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 1:21 - Agbenya La

21 Wogabiae be, “Ekema ame kae nènye, Eliyaa?” Egaɖo eŋu be, “Ao, menye Eliyae menye o.” Wogabiae be, “Nyagblɔɖila lae nènyea?” Eye wòɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye nyee o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wobiae bena: Ekema amekae? Eliya nenyea? Egblɔ bena: Menye nyee o. Nyagblɔɖila la nènyea? Eye wòɖo ŋu bena: O.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 1:21
12 Mawu Ofanana  

“Kpɔ ɖa, maɖo Nyagblɔɖila Eliya ɖe mi hafi Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã dziŋɔ la naɖo.


eye ne miedi be yewoaxɔ nya siwo gblɔm mele la, ekema minyae be Yohanes ye nye Eliya, ame si Nyagblɔɖilawo gblɔ be ava do ŋgɔ la.


Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be, Yohanes Mawutsidetanamela nènye. Ɖewo be Eliyae nènye, bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye.”


Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”


Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”


Wogabiae be, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí, ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí la. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.”


biae be, “Esi menye wòe nye Kristo la alo Eliya loo alo Nyagblɔɖila la o ɖe, nu ka ta nèle mawutsi dem ta na amewo ɖo?”


Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na le xexe sia me.”


Esi ameha la se nya si wògblɔ la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa