Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe edzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la, woaxɔe le esi wòatsi asi ƒuƒlu.
“Nye la, metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo trɔ dzi me, gake ame aɖe gbɔna, ame si de ŋgɔ wum sãa ale gbegbe be nyemedze be manye eƒe subɔla gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi.
Elabena nenye be to ame ɖeka ƒe vodada me ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la, ekema ame siwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe wu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi.
ame si me mɔnukpɔkpɔ su mía si le to xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ si me míetsia tsitre ɖo la. Eye míeƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.
Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o.
hedze agbagba be yewoanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiam, esi wògblɔ nya ɖi tso Mesia la ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti.
ame siwo wotia le Mawu, Fofo la ƒe nunya nu, to Gbɔgbɔ la ƒe ŋutikɔklɔ ƒe dɔwɔwɔ me, hena toɖoɖo Yesu Kristo kple eƒe ʋuhehlẽ la me. Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.