“O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me. Ame si kaka Israel gbẽe la, agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔ eƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene!
“Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu.
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae; ne ame aɖe na nu wo, woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ; ke ne ame aɖe mena nu wo o la, wohoa aʋa ɖe eŋuti.