Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 3:8 - Agbenya La

8 Matsɔ mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo adzra na Yudatɔwo eye woawo hã adzra wo na Sabeatɔwo le didiƒe ke. Yehowae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 3:8
12 Mawu Ofanana  

kasia Sebeatɔwo va dze wo dzi kplɔ wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi eye nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”


Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ.


Ame siwo te wò ɖe to la, ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò. Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.


“ ‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo, eye wò futɔwo katã ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã. Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene.


Nu ka dzudzɔʋeʋĩdonu si tso Seba nye nam alo gbeʋeʋĩ si tso didiƒenyigba dzi la awɔ nam? Miaƒe numevɔsawo medze ŋunye o eye miaƒe akpedavɔsawo medo dzidzɔ nam o.”


“Ameha aɖe ƒe howɔwɔ ƒo xlãe. Wokplɔ Sabeatɔwo tso gbegbe kpli wo vɛ, eye wotsɔ abɔgɛwo de abɔwo na nyɔnu la kple nɔvia nyɔnu, eye woɖɔ fiakuku dzeaniwo na wo.


Seba kple Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kple eƒe kɔƒewo me nɔlawo katã woagblɔ na wò be, “Ɖe nèva be yeaha mía? Ɖe nèkplɔ wò amewo vɛ be woaha mí, woatsɔ klosalo kple sika kple kesinɔnuwo kple afunyinuwo adzoea?”


Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ anya wo dometɔ akpe ɖeka eye futɔ eve ko nanya akpe ewo? Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu, eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o?


Le Yehowa ƒe dɔmedzoe si wòdo ɖe Israel ŋu ta la, etsɔ wo de asi na adzohawo eye woha wo. Etsɔ wo dzra na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo, ame siwo nu womagate ŋu nɔ te ɖo o.


eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Yabin, Kanaan fia, ame si ɖu fia le Hazor. Eƒe aʋafia ŋkɔe nye Sisera eye wònɔ Haroset Hagoyim.


Debora ɖo eŋu nɛ be, “Enyo ŋutɔ, mayi kpli wò gake ɖe ale si nèle nya la ŋuti dɔ wɔmii ta la, bubu la manye tɔwò o elabena Yehowa atsɔ Sisera ade asi na nyɔnu.” Ale Debora yi Kedes kple Barak,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa