Mabɔ Yuda abe ale si mebɔa nye da ene, eye matsɔ Efraim awɔ datii ayɔ eme fũu. O Zion, manyɔ viwò ŋutsuwo, ɖe Griktɔwo ŋu, eye mawɔ wò abe aʋawɔla ƒe yi ene.
Ekema Yehowa agbugbɔ mi aɖo ɖe Egipte le tɔdziʋuwo me togbɔ be edo ŋugbe na mi be miagade afi ma o hã hafi! Le afi ma la, miatsɔ mia ɖokuiwo ana woaƒle abe kluviwo ene, gake ame aɖeke madi be yeaƒle mi gɔ̃ hã o.”