Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 3:3 - Agbenya La

3 “Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi eye woma nye amewo. Wotsɔ ŋutsuviwo ɖɔli gbolowoe eye wotsɔ nyɔnuviwo na ɖe wain si woano amu ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 3:3
8 Mawu Ofanana  

Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzi eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue.


“Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe.


Minyɔ, mi ahanomunɔwo, ne miafa avi hehehe, mi waintsunolawo, mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me, eye miagakpɔ wain yeye ano o!


“Le Israel ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, “Nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta, eye wòtsɔ ame dahe dzra ɖe atokota dodo ɖeka pɛ ta.


Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔ eƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi. Wò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene.


gake Tebes dze anyi, woɖe aboyo emenɔlawo, eye wotsɔ wo viwo ƒe ta xlã ɖe kpe le mɔtatawo dzi. Wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzi, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.


Bubuawoe nye atike ʋeʋĩ, sinamɔn, detsiƒonu ʋeʋĩwo, dzudzɔʋeʋĩdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ memi, lu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa