18 “Le ɣe ma ɣi me la, wain yeye anɔ tsyɔtsyɔm tso towo ŋuti eye nyinotsi anɔ sisim bababa tso togbɛwo tame. Tsi ayɔ Yɔdan tɔʋuwo me banaa, eye tsi asi tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ade tsi Sitim ƒe Balime.
eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia.
“Mi dziŋgɔlĩwo, midza dzɔdzɔenyenye abe tsi ene. Lilikpowo nena wòadza. Na anyigba nake nu baa. Na ɖeɖe nado tso eme, eye na dzɔdzɔenyenye natsi kplii. Nye Yehowae wɔe.
“Miva, mi ame siwo katã tsikɔ le wuwum. Miva tsi gbɔ, eye mi ame siwo si ga mele o, miva ƒle nu ne miaɖu! Miva dze wain kple nyinotsi, menye kple ga o, ke boŋ femaxee.
Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi. Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye, bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti. Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene eye womagaxa nu azɔ o.
Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak, ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi. Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”