Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 3:13 - Agbenya La

13 Azɔ nukuxahɛ newɔ eƒe dɔ elabena nukuawo tsi vɔ hele lalam na nuŋeɣi. Miva, mifanya waintsetseawo, elabena wainfiaƒe la yɔ, eye waindzraɖoƒe la yɔ gbagba, elabena woƒe nu tovowo wɔwɔ sɔ gbɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Yoel 3:13
14 Mawu Ofanana  

Ame siwo nɔ Sodom la nye ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔ nu vɔ̃ geɖewo ɖe Yehowa ŋu.


Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”


Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, “Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu vɔ̃ɖi.


Azu abe bligble si me woŋe bli le hegblẽ hɔ̃litiawo ɖe tsitrenu ene, eye abe ale si agbledela fɔa bli dzɔdzɔe le Refaim me ene.


“Nye ɖekae fia wain le wainfiaƒe, ame aɖeke metso dukɔwo dome va kpe ɖe ŋunye o. Mefanya wo le nye dziku me, eye menya avuzi le wo dzi le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Woƒe ʋue hlẽ ɖe nye awuwo me, eye woƒe ʋu ƒo nu siwo medo,


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene; eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.”


“Aƒetɔ la gbe nu le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ, eɖo aʋakɔ ɖa be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya. Le eƒe wainfiaƒe, Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo.


“O, Yuda, woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã. “Ne megaɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te,


Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye xexea me ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo.


Ke esi kutsetse la ɖi la, agbledela la yi agble la me kple eƒe nuxahɛ, eye wòxa nuku la.’ ”


“Ne èdze wò nukuwo xaxa gɔme, eye kɔsiɖa adre va yi la,


Tete mekpɔ lilikpo ɣi aɖe le nye ŋkume, eye ame aɖe si le abe Amegbetɔ Vi la ene la nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi. Sikafiakuku le ta nɛ, eye wòlé nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi.


Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa