“ ‘Gbe ma gbe la, mana ameɖiƒe Gog le Israel le ame siwo zɔa mɔ yia ɣetoɖoƒe, ɖoa ta Atsiaƒu la gbɔ la ƒe balime. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabena woaɖi Gog kple eƒe ameha la katã ɖe afi ma. Ale woayɔe be Hamɔn Gog ƒe balime.
maƒo dukɔwo nu ƒu ɖe Yehosafat ƒe Balime eye madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma le nye amewo kple nye domenyinu Israel ta, elabena wokaka nye domenyinu la ɖe dukɔwo dome eye woma nye anyigba.
Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe la dzi, eye Amito la ama ɖe eve kpla, ɖeka ayi ɣedzeƒe, evelia ayi ɣetoɖoƒe. Bali gã aɖe anɔ wo dome ale be to la ƒe afã ayi anyiehe, eye afã ayi dziehe.
Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me.