Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 3:10 - Agbenya La

10 Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu aʋawɔyiwoe eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe. Ame gblɔewo negblɔ be, ‘Miawoe nye ŋusẽtɔwo.’

Onani mutuwo Koperani




Yoel 3:10
7 Mawu Ofanana  

Ne èna woyi aʋa la kple wò amewo la, aleke ke miawɔ aʋa lae hã la, woaɖu mia dzi kokoko elabena ŋusẽ le Mawu si be wòakpe ɖe mia ŋu loo alo wòagblẽ nu me na mi.”


Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome, eye wòadzra ame geɖewo dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ̃ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.


“Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.


Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome, eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa la dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.


Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene.


Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, “Nyɔnu, èvo tso wò dɔléle la si me!”


Eyi edzi be, “Azɔ la, mitsɔ mɔzɔkotoku nenye be ɖe le mia si. Mitsɔ ga hã ɖe asi, eye ne yi mele mia dometɔ aɖe si o la, nedzra eƒe awuwo wòatsɔ ga la aƒle ɖee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa