Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 2:3 - Agbenya La

3 Dzo bibi le nu fiam le wo ŋgɔ eye dzo ƒe aɖewo le wo megbe. Anyigba la le ŋgɔ abe Edenbɔ ene gake ezua gbegbe le wo megbe. Naneke mate ŋu asi le enu o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Dzo le nu ɖum le eŋgɔ, eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe; anyigba la le eŋgɔ abe Eɖen-bɔ ene, eye emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ; amea ɖeke masi le enu o.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 2:3
21 Mawu Ofanana  

Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.


Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me.


Míaƒe Mawu la gbɔna, ahom le tutum le eŋgɔ, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o.


Dzo le bibim le eŋgɔ, eye wòle eƒe futɔwo fiam le akpa sia akpa.


elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o.


Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi.


ame si na xexea me zu gbegbe, ame si gbã du gãwo, eye wòɖe aboyo emenɔlawo oa?”


Nimrim tɔsisi la hã amie, ahaƒu kplakplakpla, eye gbewo katã ayrɔ; nu miemiewo katã aku, eye gbe mumu aɖeke maganɔ anyi o.


O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene, eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene.


Yehowa afa akɔ na Zion godoo, eye anye kɔ akpɔ eƒe gli gbagbãwo kple dɔmetɔtrɔ. Atrɔ eƒe gbegbe wòazu Edenbɔ, eƒe kuɖinyigbawo abe Yehowa ƒe abɔ ene. Dzidzɔ kple vivisese anɔ afi ma eye akpedada kple hadzidzi hã anɔ afi ma.


Vavã ŋutasesẽ le bibim abe dzo ene. Efia ŋuwo kple aŋɔkawo, eye wòtɔ dzo avekɔewo kple avedodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔmedzoe na dzo ƒo anyigba, eye dukɔ la anye dzodonu, ame aɖeke makpɔ nɔvia ta o.


Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu, woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo. Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo, eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo. Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.”


Woagblɔ be anyigba si nye gbegbe tsã la, va ɖi Edenbɔ azɔ. Du siwo gbã, eye wozu aƒedo tsã la, woglã wo, eye amewo le wo me.


Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã.


Mele Babiloniatɔwo fɔm ɖe te; dukɔ nyanyra ma si wɔa nu kabakaba tamemabumabutɔe; ame siwo azɔ to anyigba blibo la dzi be woaxɔ nɔƒe siwo menye wo tɔ o.


‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa