Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 2:16 - Agbenya La

16 Miƒo ameawo nu ƒu; mikɔ ameha la ŋuti, ame tsitsiwo, ɖeviwo kple vi nonowo siaa. Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me eye ŋugbetɔ nedo go tso xɔ gã me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ neɖo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 2:16
21 Mawu Ofanana  

Esi ame siwo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume kple wo srɔ̃wo kple wo viwo la,


eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Levitɔwo! Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu fifia eye miakɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la hã ŋu. Miɖe gudoamenuwo katã ɖa le Kɔkɔeƒe la.


Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa.


“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le wò dɔmenyo ta la, tsɔ nu vɔ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o hã.”


Miwu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo, mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti eye miakpe ɖe ame siwo va la ŋuti ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na to Mose dzi la nu.”


Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa.


eye wòle abe ŋugbetɔsrɔ̃e le go dom tso eƒe agbadɔ me ene. Ele abe duƒula si le dzidzɔ kpɔm be wòalé eƒe mɔ atsɔ ene.


Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi dukɔ la gbɔ, eye nàkpɔ be ameawo le klalo na nye vava. Kɔ wo ŋuti egbe kple etsɔ, eye nàna woanya woƒe awuwo.


Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.”


Ele na nunɔla siwo ate ɖe Yehowa ŋu gɔ̃ hã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti; ne menye nenema o la, Yehowa atsrɔ̃ wo.”


Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. Miyɔ ame tsitsiwo kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.


Wobiae be, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, gake miexlẽe kpɔ be, “ ‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo kple vidzĩwo ƒe nu me’ oa?”


Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.


Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.


“Tsi tsitre! Gblɔ na ameawo be, ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu, adzra ɖo na etsɔ si gbɔna, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be ame aɖe fi fi, eya ta miate ŋu aɖu miaƒe futɔwo dzi o va se ɖe esime miaɖe nu vɔ̃ sia ƒe busu ɖa le mia dome.


Exlẽ se siwo katã Mose de na wo kpɔ la hã na ameha blibo la, si me nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo nɔ Israelviwo dome la hã nɔ.


Samuel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa dzie meva ɖo; meva vɔ sa ge na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋuti eye miava vɔsaƒea kplim.” Tete wòkɔ Yese kple via ŋutsuwo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa