Yoel 2:13 - Agbenya La13 Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o. Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu, elabena amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ bɔ ɖe esi. Medoa dziku kabakaba o, eƒe dɔ me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191313 Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ. Onani mutuwo |
elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.