Yoel 1:9 - Agbenya La9 Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me nu tso; ale dɔwuame to na nunɔlaawo kple ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me eye wole konyi fam. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19139 Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le Yehowa ƒe me; nunɔla, siwo subɔa Yehowa la, le konyi fam. Onani mutuwo |
Le afi sia la, womaɖe mɔ be miatsɔ wain asa vɔe na Yehowa o, elabena vɔsa siwo katã woawɔ le afi ma la ƒe ɖeke madze eŋu o; vɔsa siawo ŋuti mekɔ o, ɖeko wole abe kuteƒenuɖuɖu ene, eye ame siwo katã ɖui la, woawo hã ŋuti mekɔ o. Woate ŋu aɖu nu siawo be woaɖi ƒo, gake menye be woatsɔe asa vɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.