Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 1:4 - Agbenya La

4 Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la, ʋetsuviwo aɖui, nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la, ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la, abɔwo aɖui.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Nusi ŋɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ɖui; nusi ʋetsuviwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetrawo ɖui, eye nusi ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 1:4
19 Mawu Ofanana  

“Ne dɔ to le anyigba la dzi to dɔléle ƒe agblemenukuwo dzi dzedze alo ʋetsuviwo ƒe vava me, ne Israel ƒe futɔwo ɖe to ɖe Israel ƒe duwo dometɔ aɖe eye ne dɔvɔ̃ to le anyigba la dzi alo ne nu bubu ɖe sia ɖe na dɔ to le anyigba la dzi,


“Ne dɔ to alo dɔvɔ̃ va anyigba dzi, ne bli hlɔ̃ alo dze heteku, ne ʋetsuviwo alo ʋetrawo va anyigba la dzi alo ne futɔwo va ɖe to ɖe wo le woƒe duwo dometɔ aɖe me, dzɔgbevɔ̃e alo dɔléle ɖe sia ɖe si ava la,


“Ne metu dziƒowo nu ale be tsi megale dzadzam o alo meɖe gbe na ʋetsuviwo be woaɖu nu siwo le anyigba dzi alo medɔ dɔvɔ̃ ɖe dukɔ la dome la,


Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi, nenema kee nye abɔ gbogbo aɖewo hã;


Etsɔ woƒe nukuwo na ʋetrawo kple woƒe kutsetsewo na ʋetsuviwo.


Ne ègbe asiɖeɖe le ameawo ŋu la, mahe ʋetsuviwo va wò anyigba la dzi etsɔ.


Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi.


O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene, eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ta eɖokui ƒe agbe be: Mana amewo nayɔ mewò fũu abe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene, eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò.


“Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi! Ku kpẽ la le dukɔwo dome! Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii. Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu, Ararat, Mini kple Askenaz. Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu.


“Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi. Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.


“Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃; mena ʋetsuviwo ɖu miaƒe wainkawo kple amitiwo, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.


Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam le ŋutega me: Yehowa le ʋetsuviwo ƒe ha gã drinya aɖe dɔm ɖa be woava aɖu kelemenukuwo. Esia ava eme ne woxe nuku gbãtɔwo ƒe adzɔ na fia la vɔ megbe.


Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo.


Ʋetsuviwo agblẽ wò atiwo kple wò waingblewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa